2 John

Gbedonamewo

1Agbalẽ sia tso Hamemegã tsitsitɔ gbɔ, na hamenyɔnu lɔlɔ̃a si nye ame tiatia tɔxɛ, ame si melɔ̃na vevie la kple viawo katã. Menye nye ɖekae o ke boŋ ame siwo katã dze si nyateƒe la, 2le nyateƒe si le mía me eye wòanɔ mía me tegbee la ta.

3Amenuveve, nublanuikpɔkpɔ kple ŋutifafa si tso Mawu Fofo la kple Yesu Kristo Fofo la ƒe Vi la gbɔ la nanɔ anyi kpli mi le nyateƒe kple lɔlɔ̃ me.

4Enye dzidzɔ gã aɖe nam be makpɔ be viwò aɖewo le agbe nɔm le nyateƒea me abe ale si Fofo la de se na míi ene. 5Eye azɔ la, nyɔnulɔlɔ̃a, menye se bubu aɖekee mele dedem na mi o ke boŋ esi ko miese tso gɔmedzedzea me ke, mele biabiam be mialɔ̃ mia nɔewo. 6Lɔlɔ̃ lae nye be míawɔ ɖe eƒe sededewo dzi. Abe ale si miese tso gɔmedzedzea me ene la, eƒe see nye be míanɔ agbe le lɔlɔ̃ me.

7Ameblela geɖewo, ame siwo mexɔe se be Yesu Kristo va abe amegbetɔ ene le ŋutilã me o la kaka ɖe xexeame. Ame siawo dometɔ ɖe sia ɖe nye ameblela kple Kristo ƒe futɔ la. 8Mikpɔ nyuie be nu si ŋu miedze agbagba le la nagage le mia si o ke boŋ, miaxɔ fetu si de blibo. 9Ame sia ame si afia nu si to vovo tso Kristo ƒe nufiafia gbɔ la, mele Mawu me o. Ke ame si lé Kristo ƒe nufiafia me ɖe asi la le agbe le Fofo la kple Vi la me. 10Ne ame aɖe va kple nufiafia si mesɔ ɖe Kristo tɔ dzi o la, migado woezɔ tete hã nɛ o eye migaxɔe ɖe miaƒe aƒeme kura o. 11Ame si xɔ ame sia la, sɔ kple eya amea le eƒe ŋutasẽnuwɔwɔwo me.

Taƒonyawo

12Nya geɖe li si madi be maŋlɔ na mi gake nyemaŋlɔe kple nuŋlɔti kple agbalẽ o. Ke boŋ mele mɔ kpɔm be mava kpɔ mi ɖa eye míaɖo dze ŋkume kple ŋkume, ale be míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ nade blibo.

13Nɔviwò nyɔnu tiatia la ƒe viwo hã do gbe na wò nyuie.

Copyright information for EweBEE